Lɔlɔ̃vudo by Freeman Wayo

Freeman Wayo

‘Fi kae nèle nam nye dzi lɔlɔ̃a?
Ŋkeke nyuiawo ƒe yawo gale ƒoƒom ɖem
Lɔlɔ̃ deto si nèɖe fiam la tɔgbi mebɔ o
Wobe lɔlɔ̃ ya dzimenyae
Gaɣla mo ɖem o
Mègana dadaƒuwo natu lɔlɔ̃gbowo
Ne ɖeklemiɖelawo ƒe gbe nade dzi o
Wò ya ʋui nam ko
Nanewɔtɔ megbea nyɔnyɔ o

Nye dzi lɔlɔ̃a,
Na míagaʋu lɔlɔ̃gbalẽa;
Agaxlẽ emenyawo ake
Lɔlɔ̃vudo ya tsi mevɔna le ‘me o
Tsi viviawo gale dzidzim
Ame aɖeke meli akui nam o
Nye dzi lɔlɔ̃a, trɔ gbɔ va;
Mí eveawo koe ano lɔlɔ̃vudometsi vivi sia
Agaɖo dze viviawo abe ale si míewɔnɛ ene

Lɔlɔ̃ga la le ɖiɖim geŋgeŋgeŋ
Lɔlɔ̃tɔwo ɖi anyi vɔ keŋ
Eya ta nye dzi lɔlɔ̃a, va míanɔ wo dome
Ŋku ya megbea alɔ̃ o
Nye kpli wò koe laɖo ʋu sia
‘Labe naneke mexɔ asi wu ‘sia o
Lɔlɔ̃vudo la gale dzidzim
Nye dzi lɔlɔ̃a, trɔ gbɔ va;
Mí eveawo koe ano lɔlɔ̃vudometsi vivi sia


‘Well of Love’ – A poem about love as a pivot in life.

Ha sia na nyanya mí be kuxiwo le kadodo ɖe sia ɖe me gake lɔlɔ̃ ƒo nuwo katã ta eya ta ele na mí vevie be míalé eme ɖe asi.

Freeman Wayo holds a degree in Ewe and English from the University of Education in Winneba. His story story ‘Fuvi’ won the 2019 Ghanaian Languages Short Story Prize for Ewe. He writes in both Ewe and English. Email – wayofreeman2@yahoo.com.

Photo by Mayur Gala on Unsplash